1 Peter 2

1Eya ta miɖe vɔ̃ɖoɖo ɖe ame ŋu kple beble katã ɖa le mia ɖokuiwo ŋu, nenema ke nye, alakpanuwɔwɔ, ŋubiabiã kple ameŋugbegblẽ ƒomevi ɖe sia ɖe ɖa. 2Eye abe vidzĩewo ene la, midi gbɔgbɔmenotsi vevie ale be to esia dzi miatsi le miaƒe ɖeɖe la me, 3esi azɔ mieɖɔe kpɔ, henya be Aƒetɔ la nyo.

Kpe gbagbe kple dukɔ tiatia

4Esi mieva eya amea sinye Kpe gbagbe kpe si amewo gbe, evɔ Mawu tiae eye wòxɔ asi nɛ ŋutɔ la, 5miawo hã, abe kpe gbagbewo ene la, wotsɔ mi le gbɔgbɔmexɔ tumii be mianye Osɔfo Kɔkɔewo, ame siwo asa gbɔgbɔmevɔ siwo dze Mawu ŋu la to Yesu Kristo dzi. 6Elabena wogblɔ le mawunya me be, “Kpɔ ɖa mele kpe aɖe ɖom ɖe Zion, dzogoedzikpe si wotia eye asixɔxɔ le eŋu, ame si atsɔ eƒe mɔkpɔkpɔ ada ɖe edzi la, ŋu mele ekpe ge akpɔ gbeɖe o.” 7Azɔ la hena mi ame siwo xɔse la, kpe sia nye kpe xɔasi na mi. Ke na ame siwo mexɔe se o la, “Kpe si xɔtulawo gbe la, eyae va zu dzogoeɖokpe, 8kpe si naa amewo klia nu eye wònye agakpe si naa wodzea anyi,” Woklia nu elabena wogbe toɖoɖo nyanyui la, esi hã nye nu si woɖo wo ɖi na.

9Ke miawo la mienye ame tiatiawo, Fia la ƒe Osɔfowo, dukɔ kɔkɔe, ame siwo nye Mawu ŋutɔ tɔ, be miaɖe gbeƒã ame si yɔ mi tso viviti me va eƒe nuku kekeli me la ƒe kafukafu. 10Tsã la mienye dukɔ o, ke azɔ la, miezu Mawu ƒe dukɔ, tsã la womekpɔ nublanui na mi o, ke azɔ la wokpɔ nublanui na mi.

11Nɔvi veviwo, mele eƒom ɖe mia nu be, abe amedzrowo kple mɔzɔlawo le xexeame ene la, be miaɖe ɖa xaa tso dzodzro vɔ̃ siwo wɔa aʋa kple miaƒe luʋɔ la gbɔ. 12Minɔ agbe dzadzɛ le Trɔ̃subɔlawo dome ale gbegbe be, togbɔ be wotsoa mia nu be miewɔ vɔ̃ hã la, woakpɔ miaƒe dɔ nyuiwo eye woakafu Mawu le ŋkeke si dzi wòava asra mí akpɔ.

Toɖoɖo dziɖulawo kple aƒetɔwo

13Le Aƒetɔ la ta la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na dziɖuɖu si woɖo anyi ɖe amegbetɔwo dome, eɖanye fia la, abe ŋusẽtɔ kɔkɔtɔ kekeake ene, 14alo gɔvina siwo woɖo ɖa be woahe to na nu gbegblẽ wɔlawo eye woakafu nu nyui wɔlawo o. 15Elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be, to nu nyui wɔwɔ me la miatsi bometsilawo ƒe numanyamanya ƒe nuƒoawo nu. 16Minɔ agbe abe ablɔɖeviwo ene, gake migawɔ miaƒe ablɔɖe la ŋutidɔ abe mɔɖeɖe na nu vɔ̃ wɔwɔ ene o; minɔ agbe abe Mawu ƒe dɔlawo ene. 17Mitsɔ bubu deto na ame sia ame, milɔ̃ habɔbɔ kple xɔsetɔwo, mivɔ̃ Mawu eye mitsɔ bubu na fia la.

18Mi kluviwo la, mibɔbɔ mia ɖokuiwo na miaƒe aƒetɔwo le bubudede ame ŋu katã me, menye na esiwo nyo eye wobua mia ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ na esiwo nye tamesesẽtɔwo hã. 19Elabena enye nudzeame ne ame aɖe tsɔ vevesese tsɔ fukpekpe si medze na hafi o la, le esi wònya Mawu ta. 20Gake viɖe ka wòanye ne mi ne woƒo mi ɖe vɔ̃ si miewɔ la ta eye miedo dzi tsɔe? Ke ne miekpe fu le nyiwɔwɔ ta, eye miedo dzi tsɔe la enye nudzeame le Mawu gbɔ. 21Esia tae woyɔ mi vɛ ɖo, elabena Kristo kpe fu ɖe mia ta, eye wògblẽ kpɔɖeŋu ɖi na mi, be miadze eyome ato eƒe afɔtoƒe. 22“Elabena mewɔ vɔ̃ aɖeke o eye womekpɔ alakpa aɖeke le eƒe nume o.” 23Esi woflɔ dzu ɖe edzi la, meɖo eŋu o, esi wokpe fu la meƒo fi de ame o. Ke boŋ etsɔ eɖokui de asi na ame si drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. 24Ke eya ŋutɔ tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ɖe eƒe ŋutilã me le ati ŋuti, ale be míaku na nu vɔ̃ eye míanɔ agbe na dzɔdzɔenyenye, to eƒe abi si woxɔ me, miekpɔ dɔyɔyɔ. 25Elabena mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ la ene, ke azɔ la mietrɔ gbɔ va Alẽkplɔla la kple miaƒe luʋɔwo Dzikpɔla la gbɔ.

Copyright information for EweBEE